Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 13:10
11 Mawu Ofanana  

Nuka dim miele? Ɖe matso ali ava mia gbɔ loo, alo matsɔ lɔlɔ̃ kple dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la ava mia gbea?


le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, ne mia kple nye gbɔgbɔ va kpe la kpakple mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe ŋusẽ la,


Ke mele kuku ɖem na mi bena, ne mele mia gbɔ la, nyemaɖe dzi ƒo na ɖokuinye kple ŋuɖoɖoɖeŋu, si mele susum be, matsɔ awɔ kalẽ ɖe amea ɖewo, siwo bua mí abe amesiwo zɔna le ŋutilã nu ene ta ŋuti o.


Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me —


Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,


Megblɔe xoxo, eye megale egblɔm ɖi, alesi menɔ mia gbɔ zi eveliae la, nenema kee nye fifia hã, esi nyemele mia gbɔ o la, mele egblɔm na amesiwo wɔ nuvɔ̃ tsã kple ame susɔeawo katã bena, ne magava la, nyemakpɔ nublanui o.


Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋuti o; ke nyateƒe la boŋ ye míate ŋu awɔ nane na.


Eye meŋlɔ esia ke na mi bena, ne meva la, magakpɔ nuxaxa tso amesiwo ŋuti makpɔ dzidzɔ le hafi la gbɔ o, esi meɖo dzi ɖe mi katã mia ŋu bena, nye dzidzɔ enye mi katã mia tɔ la ŋuti.


le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,


Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa