Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 12:9
38 Mawu Ofanana  

Esi nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Yerixo, kpoe le adzɔge la, wogblɔ be: Eliya ƒe gbɔgbɔ le Elisa dzi. Eye woyi ɖakpee hede ta agu nɛ.


Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me;


bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ.


Ne ele nam be, maƒo adegbe la, maƒo adegbe le nusiwo le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ gome la ŋuti.


Ele be, maƒo adegbe; gake menye viɖe nam o; elabena mele Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo gbɔ va ge.


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ nu, eye mana woagblẽ nye ŋutɔ le míaƒe luʋɔwo ta, geɖe alesi melɔ̃a mi la, ʋee wu miawo la mielɔ̃am.


Nenem me sia ŋuti maƒo adegbe le; ke le ɖokuinye ŋuti la nyemaƒo adegbe o, negbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti ko.


bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome,


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã lé eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã;


Ke mía Aƒetɔ ƒe amenuveve sɔ gbɔ geɖe ŋutɔ le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo.


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa