Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 12:11
17 Mawu Ofanana  

Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o, ame tutɔ, eye menye wò nuyiwo o.


Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


eɖanye Paulo o, eɖanye Apolo o, eɖanye Kefa o, eɖanye xexeame o, eɖanye agbe o, eɖanye ku o, eɖanye nusi li fifi alo nusi le vava ge o; nuwo katã nye mia tɔ,


Ke nenye ɖe míexaxa la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ, si sẽa ŋu le fukpekpe, siwo ke míawo hã míekpena ƒe dzidodo me la tae; alo nenye ɖe wofa aka na mí la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ tae.


Ɖe miado dzi atsa nye bometsitsi via ɖe; miado dzi atsɔe nam tso!


Elabena mebuna be, nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o.


Ke mewo apostolo ƒe dzesiwo le mia dome le dzidodo katã me, le dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔwɔwɔwo me.


Ke nenye ɖe maɖi be, maƒo adegbe la, nyemazu bometsila o; elabena magblɔ nyateƒe; ke nyemele ewɔ ge o, bene amea ɖeke nagabu ŋutinye wu alesi wòkpɔam alo alesi wòsea nya le nunye


Ɖe míegade asi mia ɖokui kafukafu mea? Alo ɖe ehiã mi, abe amea ɖewo ene bena, miatsɔ kafukafugbalẽ vɛ na mi alo miaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?


Elabena ne míaƒe tame da la, eda na Mawu; ne tame nyui li na mí la, mia tae.


Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa