Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Alo ɖe esi mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, bene woado miawo ɖe dzi la, ɖe mewɔ nuvɔ̃ bena, megblɔ Mawu ƒe nyanyuie la fia mi fetu maxɔmaxɔe mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:7
14 Mawu Ofanana  

Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o.


Mia ŋutɔwo mienyae bena, asi siawo metsɔ wɔ dɔ heɖi nye ŋutɔ kple amesiwo kpe ɖe ŋutinye la ƒe nuhiahiãwo.


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Alo ɖe mia kple Barnaba ɖeɖekoe mekpɔ ŋusẽ bena, miagawɔ dɔ oa?


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


bene míagblɔ nyanyuie la afia le anyigba, siwo le mia godo la hã dzi, bene míagaƒo adegbe le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒe le nusi wowɔ vɔ xoxo la ŋuti o.


Alo nuka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu, negbe le esia me ko bena, nye ŋutɔ nyemenye agba na mi oa? Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!


Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,


Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.


eye mieɖu abolo dzro le amea ɖeke gbɔ o, ke boŋ mietsɔ agbagbadzedze kple kutrikuku wo ɖo zã kple keli, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa