Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Nu bubu, siwo gadzo la, wonye: Amewo ƒe ziƒoƒo ɖe ŋunye gbesiagbe, kple beléte na hamewo katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:28
12 Mawu Ofanana  

Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm.


Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.


Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi.


Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.


Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã ƒe fenyila menye.


Elabena mele gbɔgblɔm na mi amesiwo nye trɔ̃subɔlawo la bena: — Esi menye trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo la, mado nye subɔsubɔ ɖe dzi,


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe;


Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa