Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Hebritɔwo wonyea? Nye hãe! Israeltɔwo wònyea? Nye hãe! Abraham-ƒomeawo wonyea? Nye hãe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:22
17 Mawu Ofanana  

Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.


Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm!


Eyome Yehowa gblɔ na Mese bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, eye nagblɔ ne be: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham.


eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;


Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Azɔ mele gbɔgblɔm be: Alo ɖe Mawu gbe eƒe dukɔ la mahã? Gbeɖe! Elabena nye hã Israeltɔ menye tso Abraham ƒome kple Benyamin-to la me.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Ke Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: „Kple ƒomeawo“ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: „Kple wò ƒome,“ si nye Kristo.


Ŋkeke enviagbe wotso aʋa nam, metso Israel dukɔ la me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me; le sea nu la farisitɔ menye;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa