Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:20
19 Mawu Ofanana  

Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.


neɖo to me anyi na amesi le eƒom, eye netsɔ ŋukpe ɖi ƒoe.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o.


Vaseɖe gaƒoƒo sia dzi la dɔ kple tsikɔ wua mí, eye miezɔa amama, eye woƒoa mí kple kɔ, eye nɔƒe gobia ɖeke meli na mi o.


menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.


esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Ke anɔ nenem, nyemenye agba na mi o; ke esi menya aɖaŋu ŋutie, melé mi le aɖaŋu me.


Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,


elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.


Nenema ke nye miawo hã: Esi míenye ɖeviwo la, mieno xexe sia me gɔmedzenuwo ƒe kluvinyenye te.


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Nye la meɖo ŋu ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miele nu bubua ɖeke susu ge o; ke amesi ke blu miaƒe tame la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ anɔ edzi, ameka ke wòɖanye o!


Ame alesi nu le didim be, yewoadze nyuie le ŋutilã me la, woawoe zi mia dzi, bena miana woatso aʋa na mi, le esia ta ko, bene woagatsɔ Kristo ƒe atitsoga la ati wo yome o.


Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa