Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Elabena esi míenye aɖaŋudzelawo ŋuti la, mielɔ̃na doa dzi tsoa bometsilawo ƒe nyawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:19
5 Mawu Ofanana  

Nunyalawo mele egblɔm na — mibu nusi gblɔm mele la me kpɔ:


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye,


Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa