Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne menye Kristo ƒe nyateƒe la le menye o fĩ, womagatsi adegbeƒoƒo sia nu nam le Axaya ƒe nutoawo me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o, eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:10
21 Mawu Ofanana  

Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Ke esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe. Eye esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me;


Elabena nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyuie la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi o,


eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã.


Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele aʋatso kam o, esi nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ kɔkɔe me


Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Mieƒoa adegbe wògbɔa eme le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒewo ŋu o; ke mɔkpɔkpɔ le mía si bena, ne miaƒe xɔse le tsitsim la, míatsi azu gã le mia dome le míaƒe dzidzeka la nu,


Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene.


Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me la, nyae bena, nyemeka aʋatso o.


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.


Ke nusi meŋlɔ na mi la, kpo ɖa, Mawu ƒe ŋku mee bena, nyemeka aʋatso o.


Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


nusia ŋuti woɖom ɖi menye gbeƒãɖela kple apostolo — nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o — kple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala le xɔse kpakple nyateƒe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa