Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 5:3
26 Mawu Ofanana  

Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mele ɖa le eŋu o, eye wòle Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.


Wò nya me kɔ ŋutɔ, eye wò dɔla melɔ̃a nu le egbɔ o.


eye mazɔ le teƒe keke, elabena medi wò se la yome.


ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi la nu.


Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa.


Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Ke wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.


Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Eva la se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe, le dzɔdzɔe, eye wònyo.


Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome;


ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wòwɔa nye sewo dzi la nu.


Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi;


Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.


Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.


Eye esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu. Esia nye se la bena, miazɔ eme, abe alesi miese tso gɔmedzedzea me ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa