Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Wotso xexea me, eya ta woƒoa nu le xexea me ƒe nugɔmesese nu, eye xexea me ɖoa to wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 4:5
15 Mawu Ofanana  

Le emegbelɔwo ƒe nuwɔwɔwo me le metsɔ wò numenyawo kpɔ ɖokuinye dzi ɖe ŋutasẽlawo ƒe mɔwo ŋu.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔla, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o.


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.


Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.


Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta.


Eye wògblɔ na wo bena: Miawo lã anyigba mietso, ke nye la dziƒo metso; miawo la xexe sia me mietso, nye la nyemetso xexe sia me o:


Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa