Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, mialɔ̃ mia nɔewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la, ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 4:11
14 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Amesi kpɔ nublanui nɛ lae. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, eye nawɔ nenema ke.


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Mina woaɖe veve helĩhelĩ kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.


eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!


Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye meŋlɔ ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me la koe: Se xoxoa enye nya, si miese la.


Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo;


Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.


Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu.


Eye azɔ la mele kuku ɖem na wò, aƒenɔ — menye se yeye wònye meŋlɔ ɖo ɖe wò o, ke boŋ esi le mía si tso gɔmedzedzea me lae — bena míalɔ̃ mia nɔewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa