Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ke ele nyanya me na mi be ɖe wòva be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ayii. Nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ƒe agbe me o.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 3:5
33 Mawu Ofanana  

Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o.


Eye esi asrafowo dzikpɔla kpɔ nusiwo va dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ bena: Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Eye nyemenyae o, ke boŋ bena wòaɖee ɖe go afia Israel, le esia ta meva le mawutsi dem ta na amewo ɖe tsi me.


Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o;


Ameka le mia dome ali nuvɔ̃ ɖe dzinye mahã? Ne megblɔ nyateƒe la, nukaŋuti miexɔm se o mahã?


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


ɖe wònye nenema wòle la, ekem ele nɛ be, wòakpe fu agbadre tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke; gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,


amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta,


amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o;


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


elabena agbe la da, eye míekpɔe, eye míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbe ƒã agbe mava, si le Fofoa gbɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe go fia mí la fia mi —


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.


Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.


Ne mienyae bena, dzɔdzɔetɔ wònye la, ekema midze sii be, amesiame, si le nu dzɔdzɔe wɔm la, egbɔ wodzi eya hã tso.


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa