Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la da sea dzi. Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ nye sedzimawɔmawɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 3:4
17 Mawu Ofanana  

eye woyi ta me le anyigba, si dzi wokplɔ wo yii, eye wòtrɔ heƒo koko na wò le woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, míeda vo, eye miewɔ nu vlo;


Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,


Eye Mawu ƒe gbagba dze nunɔla Yoyada ƒe vi Zaxarya dzi, eye wòtsi tre ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ na wo bena: Ale Mawu gblɔ esi: Nukaŋuti míeɖa Yehowa ƒe se dzi, ne dzɔgbenyuiea ɖeke maganɔ mia ŋu o? Esi miegblẽ Yehowa ɖi la, eyata eya hã gblẽ mi ɖi.


Woɖee le xaxa kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eŋɔlimeviwo dometɔ kae bu eŋuti kpɔ be, woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ fui le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta?


Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.


Yehowa ƒe nya wodo vloe, eve eƒe se dzi wòda, eyata ele be, woatsrɔ̃ ame la ɖa kokoko, eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi le edzi.


Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.


Tete Paulo gblɔ nɛ bena: Mawu aƒo wò, wo gli, si wòsi akalo na: eye wò la èbɔbɔ nɔ anyi hele ʋɔnu drɔ̃mem le se la nu, eve nèda se la dzi heblu bena, woaƒoma?


Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.


Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.


Madzɔmadzɔnyenye katã enye nuvɔ̃, eye nuvɔ̃a ɖe li, si mahe ame ayi ku mee o.


Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa