Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, be ele be míalɔ̃ mía nɔewo.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 3:11
16 Mawu Ofanana  

etsi tre le nua ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awu da ɖi, eye wòtsɔ tsiletse sa ɖe ali.


Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.


Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Ke le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo;


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Eye gbedasi, si miese tso egbɔ, eye míeɖea gbe ƒã na mi la, enye esi bena, Mawu enye kekeli, eye vivitía ɖeke mele eme o.


Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, mialɔ̃ mia nɔewo.


Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.


Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu.


Eye azɔ la mele kuku ɖem na wò, aƒenɔ — menye se yeye wònye meŋlɔ ɖo ɖe wò o, ke boŋ esi le mía si tso gɔmedzedzea me lae — bena míalɔ̃ mia nɔewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa