Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi Le eƒe ŋkɔ la ta.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 2:12
22 Mawu Ofanana  

Ke exɔ na wo le eƒe ŋkɔ la ta, ne yeaɖe eƒe ŋusẽ afia.


Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ!


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!


Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.


Minya esia azɔ, ŋutsuwo, nɔviwò, bena to nenem me sia dzi wogblɔ nuvɔ̃kekenya fia mi, eye nusiwo katã me womete ŋu tso afia na mi ɖe Mose ƒe se la nu le o la, to eyama me la


Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


amesi me míekpɔ fexexeɖeta, si nye nuvɔ̃keke la le,


Eye míeŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miaƒe dzidzo nayɔ fũ.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.


Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi, abe ɖe mienya nyateƒe la ene o, ke boŋ le esi mienyae, eye le esi aʋatsokakaa ɖeke metsoa nyateƒe me o la guti.


Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye meŋlɔ ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me la koe: Se xoxoa enye nya, si miese la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa