Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Yohanes 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Amesi ke lɔ̃a nɔvia la, eya naa kekeli la me, eye nuɖianua ɖeke mele eme o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ame si lɔ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o.

Onani mutuwo Koperani




1 Yohanes 2:10
14 Mawu Ofanana  

Ŋutifafa gã le amesiwo lɔ̃a wò sea la si, eye nukiklia ɖeke meli na wo o.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Yesu ɖo ŋu bena: Alo menye gaƒoƒo wuievee le ŋkeke ɖeka me oa? Ne amea ɖe zɔ le ŋkeke me la, meklia nu o, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli la kpɔm.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi viaɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o; eye amesi le azɔli zɔm le viviti me la, menyaa afisi wòyina o.


Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye,


Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.


Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa