Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Timoteo 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Megawo ɖe ame tsitsi ta o, keboŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Timoteo 5:1
26 Mawu Ofanana  

Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo?


Eye apostoloawo kple hamemegãwo va kpe ta be, yewoakpɔ nya sia me da.


Ese le Mileto la edɔ ɖo, ɖe Efeso, woɖayɔ hamemegãwo vɛ.


Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.


Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.


nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.


bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me.


Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me.


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe aƒenɔ tiatia kple viawo, amesiwo melɔ̃na le nyateƒe me; eye menye nye ɖeɖekoe lɔ̃a wò o, ke boŋ amesiwo katã dze si nyateƒe la hãe,


Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe Gayo lɔlɔ̃tɔ, si melɔ̃na le nyateƒe me.


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa