Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Timoteo 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me.

Onani mutuwo Koperani




1 Timoteo 4:7
20 Mawu Ofanana  

eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã.


Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me,


eye wòɖea mí, bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míano anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me,


Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ.


Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


Le esia me nye hã meɖoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abia ɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


bene womagaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededeawo o.


Ke amesiwo katã ɖina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


ke nusi dze nyɔnu, siwo nua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawo leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.


eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


Fia nusiawo, eye nanɔ nuxɔxlɔ̃ dzi! Ne amea de fia nu bubu, eye meléna de Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la,


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa