Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Timoteo 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia

Onani mutuwo Koperani




1 Timoteo 3:2
20 Mawu Ofanana  

Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Eye Hana, nyɔnu nyagblɔɖilaa ɖe li, enye Fanuel ƒe nyɔnuvi tso Aser-ƒome me, si xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbi me;


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame,


Subɔlawo nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, eye woakpɔ wo viwo kple woa ŋutɔwo ƒe aƒewo dzi nyuie.


Nenema ke subɔlawo hã nalé wo ɖokui nyuie: Wòaganye aɖeveetɔwo o, wòaganye aha geɖe nolawo o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o,


amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Megatia ahosi, si mexɔ ƒe blaade haɖe o la o: Amesi nye ŋutsu ɖeka srɔ̃,


Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me,


bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me.


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa