Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.
Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.
Azɔ la, ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti mahã? Gbeɖe! Elabena ɖe wona sea ɖe, si ate ŋu ana agbe la, anye ne se la me ke dzodzoenyenye la tso vavã.