Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Timoteo 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o, elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe.

Onani mutuwo Koperani




1 Timoteo 1:4
19 Mawu Ofanana  

Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


nenye ɖe miese Mawu ƒe amenuveve, si wonam le mia ta la ƒe nuɖoanyi,


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame.


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ.


Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.


Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo le Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple nyateƒe ƒe sidzedze, si le mawusosroɖa me la nu,


bene womagaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededeawo o.


Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa