Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Timoteo 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Alesi mexlɔ̃ nu wò be, nanɔ Efeso, esime meyina ɖe Makedonia, bene naɖe se na amea ɖewo be, womagafia nu bubu o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso, eye nàɖo asi ŋutsu siwo le nu dada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o,

Onani mutuwo Koperani




1 Timoteo 1:3
24 Mawu Ofanana  

Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.


ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


ke meɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu bena, nye ŋutɔ hã mava kpuie.


De nusiawo ƒe se, eye nafia wo.


Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.


Eye de nusiawo ƒe se na wo, bene woanɔ anyi mokaka manɔŋui.


Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Fia nusiawo, eye nanɔ nuxɔxlɔ̃ dzi! Ne amea de fia nu bubu, eye meléna de Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la,


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa