Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Saul gblɔ na eƒe dɔla bena: Ne míeyi ɖe, nuka miatsɔ ayi na ame la? Elabena abolo vɔ le akplɔ me na mi, eye nunanaa ɖeke hã meli miatsɔ ayi na Mawu ƒe ame la o. Nukae heli ma?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Saul ɖo eŋu be, “Naneke mele mía si míatsɔ axe fe nɛ o, nuɖuɖu gɔ̃ hã vɔ le mía si eye naneke kura meli míatsɔ nɛ o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:7
10 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Va miyi aƒenye me, eye nade nane nu me, ne madi nane ana wò.


Tsɔ abolo ewo kple tatali kpakple anyitsi goe ɖeka ɖe asi, eye nayi egbɔ, ne wòagblɔ nusi adzɔ ɖe ɖevia dzi la, na wò.


Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu.


Tete eya kple eƒe ameha blibo la wogbugbɔ va Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wòva egbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, azɔ medze sii bena, mawu ɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko. Eyata xɔ nunanaa ɖe tso wò dɔla si!


Tete Aram-fia gblɔ bena: Yi, eye maɖo agbalẽ ɖe Israel-fia. Eye wòyi hetsɔ klosalo talento ewo kple sika sekel akpe ade kpakple atsyɔ̃ɖowu ewo de asi.


Tete fia la gblɔna Xazael bena: Tsɔ nunana ɖe asi, nayi aɖakpe Mawu ƒe ame la, eye nabia gbe Yehowa le egbɔ be: Mahaya le dɔ sia mea?


Eye Xazael yi ɖakpee, eye wòtsɔ nunanawo kple Damasko ƒe nu veviwo ɖe asi; wole kposɔ blane ƒe agbatsɔtsɔ. Eye wòva egbɔ gblɔ bena: Viwò, Aram-fia Ben-Hadad dɔm ɖe gbɔwò gblɔ bena: Mahaya le dɔ sia mea?


Mieɖo gum le nye dukɔ la ŋku me le lu asiʋlo ɖeka kple abolo alɔgomedede ɖeka ta, be miawu luʋɔ, siwo medze ku o, eye miaxɔ luʋɔ, siwo dze ku la, ɖe agbe, esime mieka aʋatso na nye dukɔ, si lɔ̃a aʋatsonya sese la.


Megadzo le afisia o, vaseɖe esime matsɔ nye vɔsanu aɖo akɔwòme hafi! Eɖo ŋu be: Manɔ anyi, vaseɖe esime natrɔ agbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa