Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe le du keme me, eƒe ŋkɔ nya, eye nusianu, si wogblɔna la, vaa me. Eyata na miayi afima, ɖewohĩ afia mɔ, si míato la mí.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:6
16 Mawu Ofanana  

Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖagblɔ bena: Yehowa, wò nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Ne ana nye azɔli, si dzi mele, nadze edzi nam la, — kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to —


Eye fia la gblɔ na nunɔla Zadok bena: Wòe nye nukpɔla, gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye mia viwo kple eve nakpe ɖe mia ŋu: viwò Aximaaz kple Yonatan, Abyatar vi.


Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu.


Ke esi Elisa, Mawu ƒe ame la se be, Israel-fia dze eƒe awuwo la, edo ame ɖo ɖe fia la gbɔ, ne woagblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèdze wò awuwo? Ɖoe ɖe gbɔnye, ne wòadze sii be, nyagblɔɖilaa ɖe le Israel.


Eye Mawu ƒe ame la gblɔ bena: Afika woge dze? Efia teƒe lae, eye wòlã ati tsɔ ƒu gbe ɖi, tete fía la ho ɖe dzi.


Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.


eya, amesi nana eƒe dolawo ƒe nya vaa me, eye wòwɔa eƒe ame dɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi; eya, amesi gblɔ na Yerusalem be, woaganɔ eme, eye wogblɔ na Yuda-duwo be, woatso wo, eye yeafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu;


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


eye bena míabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me le mia nɔewo dome.


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.


Tete dɔla la gaɖo ŋu na Saul gblɔ bena. Kpɔ ɖa, klosalo sekel eneliawo ɖeka le asinye, eya matsɔ na Mawu ƒe ame la, ne wòafia mɔ mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa