Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi wova Zuf-nyigba dzi la, Saul gblɔ na dɔla, si le eŋu bena: Na miatrɔ, ne fofonye magaɖe ŋku le tedzinɔawo ŋu, eye wòanɔ nu xam le mia ŋu o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:5
7 Mawu Ofanana  

Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?


Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o;


Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.


Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Ne edzo le gbɔnye egbea la, ado go ŋutsu eve le Raxel ƒe yɔdo gbɔ le Benyamin-nyigba dzi le Zelzax, eye woagblɔ na wò bena: Wokpɔ tedzinɔ, siwo di ge neyi la, eye fofowò tasi tedzinɔwo ƒe nya hele nu xam le mia ŋu gblɔ bena: Nuka mawɔ le vinye ta?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa