1 Samuel 9:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191324 Tete nuɖala yi ɖatsɔ ata kple nusiwo le eŋu la, va ɖo Saul kɔ me. Eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia wotsɔ le megbe kpɔm na wò, hee ɖe akɔ me naɖu, elabena esi mekpe dukɔa la, eya medzrae ɖo na wò vaseɖe fifi. Eye Saul kple Samuel woɖu nu gbemagbe. Onani mutuwoAgbenya La24 Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel. Onani mutuwo |