Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 “Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:16
17 Mawu Ofanana  

Miwɔe azɔ! Elabena Yehowa gblɔ le Dawid ŋu be: Nye dɔla Dawid ƒe asi dzi to ge mala ade nye dukɔ Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔwo katã si me.


Gbugbɔ yi ɖagblɔ na nye dukɔ ƒe amegã Xizkiya bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la ayi Yehowa ƒe me.


Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me.


Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli.


Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!


Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu; ke Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.


Tete tɔnyeɖia vi Xanameel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye wògblɔ nam bena: Xɔ nye agble, si le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒle, elabena tɔwòe nye domenyinyi la, eye exɔxɔ la, wò nya wònye; xɔe ƒle. Eye medze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Eye Saul kple aʋakɔ blibo, si le eŋu la, kpe ta heyi aʋa la nu, eye kpɔ ɖa, wotɔtɔ nyamanyama, eye amesiame ɖi yi ɖe nɔvia ŋu.


Ale Yehowa ɖe Israel gbemagbe, eye aʋa la gbɔ Bet-Awen ŋu.


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Yehowae dom, be masi ami na wò, ne naɖu fia ɖe eƒe dukɔ Israel dzi. Eyata ɖo to Yehowa ƒe gbe!


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Kpe Isai va vɔsa la gbɔ, eye mana nanya nusi nawɔ asi ami na amesi magblɔ na wò la nam!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa