15 Ke Yehowa de gbe to me na Samuel ŋkeke ɖeka va yi, hafi Saul nava ɖo, gblɔ bena:
15 Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be,
Elabena wò Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔe ɖe wò dɔla ƒe to me bena: matu xɔ na wò; eyata dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.
eʋua to na amegbetɔwo, eye wòɖoa kpe woƒe tohehe dzi,
Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.
Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.
Tso ekema dzi la wòbia fia, eye Mawu tso Saul, Kis ƒe vi, ŋutsua ɖe, si tso Benyamin-ƒomea me la, na wo ƒe blane.
Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena:
Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Yehowae dom, be masi ami na wò, ne naɖu fia ɖe eƒe dukɔ Israel dzi. Eyata ɖo to Yehowa ƒe gbe!
Eɖo ŋu nɛ bena: Esia nede megbe xaa, mèle kuku ge o! Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa nu gã alo nu suea ɖeke, ne meɖee fiãm hafi o; nukaŋuti fofonye aɣla nusia ɖem? Mele alea o.
Eye Yehowa gade asi eɖokuiɖeɖefia me le Silo, elabena Yehowa ɖe eɖokui fia Samuel le Silo to Yehowa ƒe nya la me.
Tete woyi dua me. Eye esi woɖo dua me la, wokpe Samuel wòyina ɖe to la dzi.
Esi Samuel kpɔ Saul la, Yehowa gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si ŋu nya megblɔ na wò la, enye si; eyae aɖu fia ɖe nye dukɔ nu.