Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:13
12 Mawu Ofanana  

Eye ŋutsu alafa eve kpe ɖe Absalom ŋu tso Yerusalem, amesiwo wokpe woyi takplaɖu, womenya naneke le eŋu o.


Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo.


Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!


Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome.


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Eye wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo, eye esi wòkpo dziƒo la, eyra ɖe wo dzi, eye wòŋe wo me hetsɔe na nusrɔ̃viwo be, woatsɔ wo ana ameha la.


Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole.


eye ʋu bubuwo tso Tiberia va ɖo afisi medidi tso teƒe, si woɖu abolo, si ta Aƒetɔ la da akpe le la, gbã o.


Ne metsɔ akpedada ɖu nu la, nukaŋuti woagblɔ busunya ɖe ŋutinye le nusi ta meda akpe ɖo la ŋuti mahã?


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada;


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Tete woyi dua me. Eye esi woɖo dua me la, wokpe Samuel wòyina ɖe to la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa