Ale Israel-amegãwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye fia Dawid bla nu kpli wo le Xebron le Yehowa ŋku me, eye wosi ami na Dawid, ne woaɖu fia ɖe Israel dzi.
Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.
Heyi, ne naƒo Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo nu fu, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, de eɖokui liam gblɔ bena: Medo ŋku mia dzi, eye mekpɔ nusi dzɔ de mia dzi le Egipte.
Tete Yabes-ame tsitsiwo gblɔ nɛ bena: Na asinu mí ŋkeke adre, ne miadɔ ame aɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi, eye ne amea ɖeke meva xɔ na mí o la, ekema míado ava gbɔwò.