Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, eye wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wòtrɔ gbɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 8:3
18 Mawu Ofanana  

Eye Absalom gblɔ bena: Ɖe wònye amea ɖee atsɔm aɖo ʋɔnudrɔ̃la ɖe anyigba la dzi, eye amesiame ahe dzrenya kple ʋɔnudrɔ̃nya ava gbɔnyee la, ne matso afia ne!


amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


amesiwo ŋukpenanuwo le asi ŋu na, eye zãnunana yɔ ɖusi na.


Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,


Megatrɔ ame dahe ƒe nya bu anyi le ʋɔnudrɔ̃ƒe o.


Megaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi.


Eye amekae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã metso kutrikuku kple nunya dze le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe!


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka, eye eƒe nuƒoƒo le eme, amesi tsri ŋutasesẽ tsɔtsɔ kpɔ viɖee, amesi ʋuʋu eƒe asi, be magaxɔ zãnunana o, amesi xe eƒe towo, be magase hlɔ̃dodo o, amesi mia eƒe ŋkuwò, be womagakpɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ o la,


Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,


Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.


Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa