Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 hegblɔ bena: Fia, si le mia dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo enye si: Axɔ mia viŋutsuwo, eye wòatsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖam kple eƒe sɔɖolawo nu, ne woanɔ du ƒum le eƒe tasiaɖam ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Egblɔ na wo be, “Esia nye nu si fia si aɖu mia dzi la awɔ; atsɔ mia viŋutsuwo be woanye yeƒe tasiaɖamkulawo kple sɔdolawo eye wòana woasi du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 8:11
14 Mawu Ofanana  

Esia megbe la Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui hekpe ɖe ŋutsu blaatɔ̃, siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ la ŋu.


Ke Adoniya, Xagit vi, do eɖokui ɖe dzi gblɔ bena: Nyee le fia nye ge! Eye wòdi tasiaɖamwo kple sɔwo kple ame blaatɔ̃, siwo ano du ƒum le eŋgɔ la, na eɖokui.


Eye Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu ƒu; tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve le esi, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe ɖu me kple fia la gbɔ le Yerusalem,


Tete ɖekakpui, siwo nye ehatiwo, gblɔ nɛ bena: Ale naɖo ŋu agblɔ na dukɔ, si va gblɔ na wò be: fofowò na míaƒe kɔkuti kpe, eyata ka edzi ɖe na mi la, enye esi: Nye asibide kɔtoètɔ tri wu fofonye ƒe ali.


Fofowò na míaƒe kɔkuti la kpe, eyata ka fofowò ƒe dɔ sesẽ kple eƒe kɔkuti kpekpe, si wòɖo mia dzi la, dzi ɖe na mí, ekema míasubɔ wò.


Ke fia Rexabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe, eye wotsɔ wo de fia ŋu asrafo, siwo dzɔa fia ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu la, ƒe amegãwo si.


Ke Yehowa ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi heƒu du dze Axab ŋgɔ vaseɖe Yezreel.


Azɔ Samuel gblɔ fiaɖuɖu ƒe kɔnuwo na dukɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me hetsɔ da ɖe Yehowa ŋku me. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, amesiame yi aƒe.


Eye Saul wo aʋa kple Filistitowo vevie le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Ne Saul nya kpo ŋutsu kakoa ɖe alo kalẽtɔa ɖe ko la, ekplɔnɛ ɖe eɖokui ŋu.


Tete Saul gblɔ na eƒe dɔla, siwo tsi tre ƒo xlãe la bena: Mi Benyamin-viwo, misee! Ɖe Isai vi la atsɔ agblewo kple weinbɔwo na mi katã? Eye ɖe wòaɖo mi katã amegãwoe ɖe ame akpe kple ame alafa nu,


Eyata do to woƒe gbe; ɖeko naxlɔ̃ nu wo, eye nato fia, si le wo dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo na wo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa