Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Samuel gblɔ bena: Miƒo Israel blibo la nu ƒu va Mizpa, ne maɖe kuku na Yehowa ɖe mia ta!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Samuel gblɔ na wo be, “Mi katã miva Mizpa eye mado gbe ɖa na Yehowa ɖe mia ta.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:5
18 Mawu Ofanana  

Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.


elabena egblɔ be Yehowa anɔ mia kple wò ŋuti dzom, ne miegale adzɔge tso mia nɔewo gbɔ hã la.


Esi aʋakɔ la ƒe amegãwo katã kple woƒe amewo se be, Babel-fia tso Gedalya do dzikpɔlae la, wova Gedalya gbɔ le Mizpa; eye Ismael, Netanya vi, Yoxanan, Kareax vi, kple Seraya, Tanxumet vi, tso Netofat kpakple Yaazanya, Maaxati vi, kple woƒe amewo hã le eme.


Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo.


Ale Yeremya va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa, eye wònɔ dukɔ, si kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dome.


Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi


Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.


Dilean, Mizpe, Yokteel,


Mizpe, Kefira, Moza.


Eye Amon-viwo kpe ta heva ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead, eye Israel-viwo hã kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Mizpa.


Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.


Eye Samuel yɔ dukɔ la va Yehowa ŋku me le Mizpa.


Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Etsana ƒe sia ƒe dea Betel, Gilgal kple Mizpa, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le du siawo katã me.


Tete Israel-viwo ɖe Baalwo kple Astartewo ɖa, eye wosubɔ Yehowa ɖeɖeko.


Ke nya la medze Samuel ŋu o, esi wogblɔ be: Ɖo fia na mi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu na mi! Eye Samuel ɖo gbe ɖa na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa