Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tso gbesigbe aɖaka la va Kiryat-Yearim la, ŋkeke-ŋkekewo le yiyim anɔ ƒe blave sɔŋ. Eye Israel ƒe aƒe blibo la trɔ ɖe Yehowa ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Nubablaɖaka la nɔ Kiriat Yearim ƒe blaeve. Israelviwo xa nu to ƒe siawo me elabena edze na wo abe ɖe Yehowa gblẽ wo ɖi ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:2
13 Mawu Ofanana  

ne míaɖakɔ mía Mawu ƒe aɖaka la ava mia gbɔe; elabena le Saul ŋɔli la míebia eta se kpɔ o.


Eye Dawid yɔ Israel blibo la tso Egiptetɔwo ƒe Sixor vaseɖe Xamat, ne woaɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim vɛ.


Eye ŋutsu bubu gblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, amesi ŋkɔ nye Uriya, Semaya vi, tso Kiryat-Yearim; egblɔ nya ɖi ɖe du sia kple anyigba sia ŋu wòsɔ kple Yeremya ƒe nyawo.


Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;


Tete Kiryat-Yearimtɔwo va kɔ Yehowa ƒe aɖaka la yi ɖada ɖe togbɛ dzi le Abinadab ƒe me, eye wokɔ via Eleazar ŋu, ne wòakpɔ Yehowa ƒe aɖaka la dzi.


Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa