Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:17
18 Mawu Ofanana  

Eye wòɖi vɔsamlekpui ete afima, eye wòna ŋkɔe bena: „Mawu, si enye Israel ƒe Mawu“.


Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima, eye wòyɔ teƒe la be „Betel ƒe Mawu“, elabena afima Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsi le nɔvia nu.


Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me!


Ena Debora ƒe ɖeti te le Rama kple Betel dome le Efrayim-to dzi, eye Israel-viwo yia egbɔ ɖadrɔ̃a ʋɔnu.


Eye Gideon ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wòna ŋkɔe bena: Yehowae nye ŋutifafa. Ele Abiesritɔwo ƒe Ofra vaseɖe egbe.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Eye wòfɔ ŋdi kanya ɖado gbe ɖa le Yehowa ŋku me, emegbe wotrɔ yi woƒe xɔ nu le Rama. Eye Elkana do srɔ̃ Xana gbɔ, eye Yehowa ɖo ŋku edzi.


Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.


Eye Saul ɖi vɔsamlekpui na Yehowa; esia nye vɔsamlekpui gbãtɔ, si wòɖi na Yehowa.


Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.


Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.


Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, eƒe du la me. Ke Saul nyã ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi.


Tete Israel-ame tsitsiwo katã va kpe ta ɖe Samuel gbɔ le Rama,


Woɖo ŋu na wo bena. Ẽ, ele afisia, afɔ netsɔ na mi, eva dua me egbea, elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa