15 Samuel drɔ̃ ʋɔnu na Israel le ele agbe me ŋkekewo katã me.
15 Samuel yi eƒe dɔ dzi abe Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
Eye Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo ɖewo tso adzowɔlawo si me.
Eye Samuel gblɔ na Israel blibo la bena: Kpɔ ɖa, meɖo to miaƒe gbe le nusiwo katã miegblɔ nam la me, eye meɖo fia ɖe mia nu.
Tete Yehowa ɖɔ Yerub-Baal, Bedan, Yefta kple Samuel ɖa, eye woɖe mi tso miaƒe futɔ, siwo li godoo va kpe la si me, eye miele ablɔɖenyi.
Eye Samuel ku, eye Israel blibo la kpe ta hefa konyi nɛ, eye woɖii ɖe eƒe me le Rama. Eye Dawid dze mɔ yi Paran-gbedzi.
Etsana ƒe sia ƒe dea Betel, Gilgal kple Mizpa, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le du siawo katã me.
Tete wova kpe ta ɖe Mizpa, eye woku tsi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋku me hetsi nu dɔ gbemagbe, eye wogblɔ le afima bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Eye Samuel drɔ̃ ʋɔnu Israel le Mizpa.