Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:12
18 Mawu Ofanana  

Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Tete Yakob tu dzesikpe, si enye ŋkuɖodzikpea ɖe, ɖe afisi wòƒo nu kplii le la, eye wòkɔ aha ɖe edzi, emegbe la ekɔ ami hã ɖe edzi.


Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.


Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa.


Eye Mose ɖi vɔsamlekpui, eye wòna ŋkɔe be: Yehowa nye aflaga.


Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,


Ke esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubua ɖeke gblɔm o, nègbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe,


amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.


Eye Saul ɖi vɔsamlekpui na Yehowa; esia nye vɔsamlekpui gbãtɔ, si wòɖi na Yehowa.


Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Eye Israel ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu; woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek.


Ke Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye wotsɔe tso Eben-Ezer va Asdod.


Israel-ŋutsuwo do tso Mizpa heti Filistitowo yome, eye wowu wo vaseɖe Bet-Kar ƒe anyigbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa