Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi Samuel le numevɔa sam la, Filistitɔwo ho aʋa va gogo Israel Tete Yehowa ɖe gbe sesĩe ɖe Filistitɔwo dzi gbemagbe, eye wòtɔtɔ wo, ale be Israel si wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Esi Samuel nɔ numevɔ sam ko la, Filistitɔwo ƒo ɖe Israelviwo dzi bibibi hena aʋawɔwɔ. Ke Yehowa ɖe gbe kple dziɖegbe ƒe gbe ɖe Filistitɔwo dzi, ŋɔdzi lé wo eye wotɔtɔ. Israelviwo dze wo dzi, fiti wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:10
21 Mawu Ofanana  

Eɖo ete aŋutrɔwo ɖa wokaka wo me, kple dzikedzo geɖe ɖa wotɔtɔ wo.


Yehowa ƒe gbe di ɖe tsiwo dzi; bubu ƒe Mawu la ɖe gbe, Yehowa ɖe gbe ɖe tsi gãwo dzi.


Yehowa ƒe gbe ɖi kple ŋusẽ, Yehowa ƒe gbe ɖi le ŋutikɔkɔe me.


eye wònyã eƒe futɔwo ɖe megbe; ŋukpe mavɔe wòdo wo.


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Yehowa, wò Mawu, asiwò futɔ, siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la, le ŋgɔwò; mɔ ɖeka dzi woato aho ɖe ŋuwò, ke mɔ adre dzi woato asi le nuwo.


Eye Yehowa na wolulu le Israel ŋku me, eye wòsi wo le Gibeon gbɔ tɔtɔtɔ, eye woli wo yome vaseɖe Bet-Xoron-mɔ dzi, eye wòsi wo vaseɖe Aseka kple Makeda ke.


Eye Yehowa tsɔ yi de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo katã kple eƒe aʋakɔ blibo la me le Barak ŋgɔ, eye Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si.


Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.


Wotia mawu yeyewo; eyata aʋa va ke ɖe woƒe duwo ŋu. Womegakpɔ akpoxɔnu kple akplɔa ɖeke le Israel ƒe ame akpe blaneawo dome o.


Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.


Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.


Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!


Israel-ŋutsuwo do tso Mizpa heti Filistitowo yome, eye wowu wo vaseɖe Bet-Kar ƒe anyigbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa