Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Kiryat-Yearimtɔwo va kɔ Yehowa ƒe aɖaka la yi ɖada ɖe togbɛ dzi le Abinadab ƒe me, eye wokɔ via Eleazar ŋu, ne wòakpɔ Yehowa ƒe aɖaka la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ale Kiriat Yearimtɔwo va tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe aƒe si le to dzi la me. Wokɔ via, Eleazar, ŋuti be wòakpɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:1
9 Mawu Ofanana  

ne míaɖakɔ mía Mawu ƒe aɖaka la ava mia gbɔe; elabena le Saul ŋɔli la míebia eta se kpɔ o.


Kpɔ ɖa, míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe.


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Ɣetoɖoƒeliƒo la nyẽ kpo ɖo ta dziehe tso to, siwo le Bet-Xoron kasa la ƒe dziehe heva wu nu ɖe Kiryat-Baal, eya nye Kiryat-Yearim, si nye Yuda-viwo ƒe ɖu; esia nye ɣetoɖoƒekpa.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


Tete wodɔ ame ɖo ɖe Kiryat-Yearimtɔwo gblɔ bena: Filistitɔwo gbugbɔ Yehowa ƒe aɖaka la vɛ, miva, ne miakɔe ayi mia gbɔe!


Tso gbesigbe aɖaka la va Kiryat-Yearim la, ŋkeke-ŋkekewo le yiyim anɔ ƒe blave sɔŋ. Eye Israel ƒe aƒe blibo la trɔ ɖe Yehowa ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa