Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:9
13 Mawu Ofanana  

Ɖekakpui, si to nya la nɛ la, ɖo ŋu bena: Nanetɔe meva Gilboa-to la dzi, eye kpo ɖa. Saul ziɔ ɖe eƒe akplɔ ŋu, eye tasiaɖam kple sɔdolawo ɖee ɖe enu.


Ben-Deker le Makaz, Saalbim, Bet-Semes, Elon kple Bet-Xanan nu;


Tete Israel-fia Yoas ho, eye eya kple Yuda-fia Amazya wokpe akɔ le Bet-Semes, si nye Yuda tɔ la.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?


Ke eva ve me bena, mawununɔlaa ɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi.


Eye liƒo la tro tso Baala ɖo ta Seir-to gbɔ le ɣetoɖoƒe heva zɔ Har-Yearim-to la ŋu le anyiehe, esia nye Kesalon, eye wòmlo to Bet-Semes vaseɖe Timna.


Ayin kple eŋu lãnyiƒe, Yuta kple eŋu lãnyiƒe kpakple Bet-Semes kple eŋu lãnyiƒe; wole du asieke le to eve siawo me,


Tete ŋutsuawo wɔ alea; wòlé nyivinɔ eve, eye wotsi wo ɖe tasiaɖam la ŋu, ke wotsi ka wo viwo ɖe aƒe.


Eye nyinɔwo lé mɔ kɔ ɖo ta Bet-Semes, wòlé mɔ ɖeka hele xɔxlɔ̃m, eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo le wo yome vaseɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi.


Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa