Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Woɖo eŋu be, “Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:3
15 Mawu Ofanana  

Megblɔ na Mawu be: Megabu fam o; na manya nusi la nele avu wɔm kplim ɖo!


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Ke natsɔ alẽ èɖuɖɔ tedzi ƒe ŋgɔgbevii, ne mèɖudɔe o la, naŋe kɔ nɛ. Ɖuɖɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo katã ta. Womava ŋkunye me asi gbɔlo o.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o.


Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.


Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima.


Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.


Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.


Mikɔ Yehowa ƒe aɖaka la da ɖe tasiaɖam la me, eye mifɔ sikanu, siwo nye avulénu mietsɔ koe ɖe eŋu la, ɖe aɖakavi me da ɖe exa, eye miɖoe ɖa wòayi.


Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa