Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Ameawo bia be, “Ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia, ƒe ŋkume? Afi ka miatsɔ nubablaɖaka la ayi?”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:20
13 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.


Eye Dawid vɔ̃ Yehowa gbemagbe hegblɔ be: Aleke Yehowa ƒe aɖaka la ava gbɔnye?


Yakob ƒe Mawu, le wò bublu la nu luʋɔ dzo le aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔwo siaa ta.


Elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye; migatsɔ anyigbadzilã suewo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.


Nyee nye Yehowa, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu. Eyata minɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.


Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.


Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa