Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Filistitɔwo yɔ nunɔlawo kple afakalawo gblɔ bena: Aleke miele Yehowa ƒe aɖaka la wɔ gee? Migblɔ alesi miawɔ, hafi aɖoe ɖe eteƒe la na mí!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:2
10 Mawu Ofanana  

Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake.


Etso wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la, ƒu gbe, elabena ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka yɔ wo fũ, wosa dzo abe Filistitowo ene, eye wona asi du bubu me viwo.


Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me.


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã nu ƒu la, edzro me bia wo afisi wodzi Kristo la le.


Eye wodɔ ame woɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu va wo gbɔ, eye wogblɔ bena: Aleke miele Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la wɔ gee? Woɖo ŋu be: Mitsɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖo ɖe Gat! Tete woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa.


Esi Yehowa ƒe aɖaka la tsi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa