Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:19
14 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.


Tete Israel-fia Yoas ho, eye eya kple Yuda-fia Amazya wokpe akɔ le Bet-Semes, si nye Yuda tɔ la.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi ɖaxlɔ̃ nu dukɔ la bena, womegagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbɔ, nu kpo ge o, elabena wo dometɔ geɖewo ava ku.


Esi dukɔ la se ŋɔdzinya sia la, wode asi konyifafa me, eye amea ɖeke megaɖe atsyɔ̃ o.


Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Migana Kehat viwo natsrɔ̃ ɖa le Lewitɔwo dome o;


Ke womegava eme akpa nu kɔkɔeawo aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã, ne woava ku o.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa