Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Esi tasiaɖam la va Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me, afisi kpe gãa ɖe le la, etɔ ɖe afima. Eye wodze tasiaɖam la wɔ nakee hetsɔ nyinɔwo sa numevɔ na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe gã aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:14
13 Mawu Ofanana  

Eye Gad va Dawid gbɔ gbemagbe gblɔ ne bena: Yi nadaɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe!


Arawna gblɔ na Dawid bena: Nye aƒetɔ fia nexɔe, eye wòasa vɔ, alesi dze eŋu! Kpɔ ɖa, nyiwo nye esi hena numevɔsa, eye luƒotasiaɖam kple nyiawo ŋutinuwo nanye nake!


Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.


Tete wò trɔ tso egbɔ ɖalé nyi eve hewu, eye wòtsɔ nyiawo ƒe ŋutinuwo heɖa lã lae na wo, eye wòtsɔe na ameawo woɖu. Emegbe wòtso dze Eliya yome, eye wòsubɔe.


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


Eye dukɔ la fɔ ŋdi kanya le ŋkeke eveagbe heɖi vɔsamlekpui, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ.


Emegbe naɖi vɔsamlekpui na Yehowa, wò Mawu la, ɖe agakpe sia tame, tsɔ nyitsu evelia sa numevɔe, eye natsɔ Asera, si nèlã la, awɔ nakee.


Ke Saul le nyiwo yome tso agble gbɔ. Tete Saul gblɔ bena: Nuka le dukɔ la wɔm wòle avi fam? Eye wòto Yabes-ŋutsuawo ƒe nyawo nɛ.


Egblɔ be: Na mayi, elabena míaƒe ƒome le vɔ sa ge le dua me, eye nɔvinye ɖo du ɖem: ne ève nunye la, ekema ɖe mɔ nam, ne mayi aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa. Eyata meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o ɖo.


Ke Bet-Semestɔwo le lu ŋem le bali la me, eye wòfɔ kɔ dzi kpɔ aɖaka la; eye esi wokpɔe la, wokpɔ dzidzɔ.


Eye sikafiawo le amegã atɔ̃awo ƒe xexlẽme nu, amesiwo le Filistitɔwo ƒe duwo katã nu, tso du, siwo ŋu woɖo gli ɖo gbɔ vaseɖe agblekɔƒewo gbɔ. Kpe gã, si dzi woda Yehowa ƒe aɖaka la ɖo la, le Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa