Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 5:9
11 Mawu Ofanana  

eye wònyã eƒe futɔwo ɖe megbe; ŋukpe mavɔe wòdo wo.


Ele abe ŋutsua ɖe, si si le dzata nu, eye sisiblist va do goe, eye esi wògbɔ va aƒe hetsɔ asi ziɔ ɖe gli ŋu la, da ɖui la ene.


Eye Yehowa ƒe asi hã le wo ŋu, vaseɖe esime wotsrɔ̃ vɔ keŋ le asaɖa la me.


Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.


Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la!


Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima.


Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.


Emegbe wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si me sikafiawo kple woƒe ƒoƒoe, siwo wowɔ le la, da ɖe tasiaɖam la me.


Wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi, eye tso ekema dzi womegava Israel-nyigba dzi. Kpɔ o, eye Yehowa ƒe asi nɔ Filistitɔwo dzi le Samuel ƒe agbe me ŋkekewo katã me


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa