Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Esi wogafɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye ta kpakple asibayawo kple eve dudu le Dagon ŋu, eye wòƒo kponogo ɖi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 5:4
11 Mawu Ofanana  

Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Amesi ɖo ko, be mate ŋu ana nu o la, tiaa ati, si manyunyɔ o la, na eɖokui, eye wòdia àɖaŋutɔ nyanua ɖe, amesi aɖo legba la anyi maʋuʋu o.


Ale miagblɔ na wo enye si: Mawu, siwo mewo dziƒoa kple anyigba o la, wo nu ayi tso anyigba dzi kple dziƒo te.


Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o.


Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la, wonye, woatsrɔ̃ le woƒe tohegbe.


Mido kpo le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒã, eye mido aflaga ɖe dzi! Miɖe gbe ƒã, migaɣlae o! Migblɔ be: Woxɔ Babel, ŋukpe lé Bel, eye wogbã Merodax ƒu anyi! Ŋukpe lé woƒe legbawo, eye wogbã woƒe mawuwo!


Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple anyiehefia ƒea ɖewo.


Woagbãwoƒe aklama kpakpɛwo katã, woatɔ dzo woƒe gbolonunanawo katã, eye matsrɔ̃ woƒe legbawo katã; elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui, eye gboloho woagazu.


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa