Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke esi Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wòfɔ Dagon gatsɔ ɖo eteƒe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 5:3
17 Mawu Ofanana  

Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la.


asi li na wo, wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, womezɔa azɔli o, eye womeƒoa nu toa ve me o.


Ŋu nekpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã, amesiwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, mawuwo katã mede ta agu nɛ!


Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!


Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte


Amesi ɖo ko, be mate ŋu ana nu o la, tiaa ati, si manyunyɔ o la, na eɖokui, eye wòdia àɖaŋutɔ nyanua ɖe, amesi aɖo legba la anyi maʋuʋu o.


Aɖaŋua de dzi ƒo na sikanutula, amesi ƒoa ga gbabɛ la, de dzi ƒo na zũdala hegblɔ be: Wotsiãe nyuie. Tete woƒo gatagbadzɛ ɖee, be magaʋã o.


Wokɔe ɖo abɔta, eye wode ta ete ɖadro ɖe enɔƒe; etsia tre ɖi meʋãna tsoa eteƒe o. Ne amea ɖe do ɣli nɛ hã, mesenɛ o, eye meɖenɛ tsoa eƒe hiã la me o.


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la.


Esi Yehowa ƒe aɖaka la tsi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre la,


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa