Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 5:11
7 Mawu Ofanana  

Eye Farao ŋu mewo gblɔ nɛ bena: Zi nenie gɔ̃ ame sia anye mɔ̃ anɔ mía ɖem? Ɖe asi le ameawo ŋu, be woaɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu! Mèle ekpɔm haɖe be, Egipte le gbagbãm oa?


Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la!


Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa